2 Samuel 14:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eɖo du ɖe nyɔnu nyanu aɖe si nɔ Tekoa. Esi nyɔnu la va la, Yoab gblɔ nɛ be, “Wɔ abe ɖe nèle konyi fam ene eye nàta funyivɔ. Mègavu ɖa o; wɔ ɖokuiwò abe nyɔnu si le fu nyim ɣeyiɣi didi aɖe ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoab dɔ ame ɖe Tekoa woɖakplɔ nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Taflatse, wɔ ɖokuiwò, abe aho wum nèle ene, eye nata ahovɔ, megasi ami o, eye nanɔ abe nyɔnu, si le aho wɔm na ame kuku eteƒe didi ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eya ta Yoab dɔ ame woyi ɖakplɔ nyɔnu nyanu aɖe le Tekoa vɛ. Egblɔ nɛ be: “Wɔ ɖokuiwò abe funyila ene. Ta funyivɔ, mègasi ami o, eye nànɔ abe nyɔnu si le fu nyim eteƒe didi na ame kuku ene.