2 Samuel 14:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yoab mlɔ anyigba le fia la ŋkume eye wòyra fia la hegblɔ be, “Nye aƒetɔ fia, egbe nye wò dɔla medze sii mlɔeba be èlɔ̃m elabena èlɔ̃ ɖe nu si mebia wò la dzi!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoab bɔbɔ heɖe ta agu, eye wòyra fia la. Eye Yoab gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia, egbe wò dɔla dze sii bene, ève wò dɔla nu, esi fia ta wɔ eƒe dɔla ƒe nya dzi ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yoab bɔbɔ hede ta agu bubutɔe le fia la ŋkume, eye wògblɔ na fia la be: “Mawu neyra wò, Fia Bubutɔ! Medze sii azɔ be èkpɔ ŋudzedze le ŋunye elabe èna nu si mebia wò la su asinye.