2 Samuel 14:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yoab gblɔ nya si Absalom gblɔ la na fia la eye David yɔ Absalom mlɔeba. Eva, de ta agu na fia la eye wòkpla asi kɔ nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoab yi fia la gbɔ ɖagblɔe ne; eye wòyɔ Absalom. Esi wòva fia la gbɔ la, ede ta agu ɖe fia la ŋku me, eye fia la gbugbɔ nu na Absalom.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yoab yi fia David gbɔ ɖagblɔ Absalom ƒe nya la nɛ. Fia la dɔ ame ɖe Absalom. Esi wòva la, ede ta agu ɖe eŋkume, eye fia la gbugbɔ nu nɛ.