2 Samuel 14:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si, eye woa kple eve wole dzre wɔm le gbe me; ke amea ɖeke meli alé avu wo o, eye ɖeka ƒo nɔvia woku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si. Gbe ɖeka esi woyi gbe me la, dzre dzɔ ɖe wo dome. Ame aɖeke meli alé avu wo o, ale ɖeka ƒo nɔvia wòku.