2 Samuel 14:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ kpɔ ɖa, ƒome blibo la tso ɖe wò dɔlanyɔnu ŋu gblɔ bena: Ɖe amesi wu nɔvia la de asi, ne míawu ɖe nɔvia, si wòwu la, ƒe agbe teƒe, eye míatsrɔ̃ domeɖula hã ɖa! Eye wole didim be, yewoatsi nye dzoka, si kpɔtɔ ɖi la, ne ŋkɔ kple dzidzimevia ɖeke maganɔ srɔ̃nye si le anyigba dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la nye ƒome blibo la tso ɖe ŋunye be maɖe asi le vinye la ŋu ne yewoawu elabe ewu nɔvia. Ne wowui la, vi aɖeke maganɔ asinye anye domenyila o, eye dzidzimevi aɖeke hã maganɔ anyi alé srɔ̃nye ŋkɔ ɖi o.”