2 Samuel 16:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid kple eƒe amewo lé mɔ, ke Simei zɔ to la xa le ekasa, eye wòle ɖiŋu dom le yiyim, eye wòtɔ kpe le edam hele ke hlẽm ɖe ya me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale David kple eƒe amewo yi mɔzɔzɔ dzi. Ke Simei le wo kasa to toa xa nɔ yiyim. Eganɔ fi ƒom nɔ wo dem, nɔ kpe dam eye wònɔ ke hlẽm ɖe wo ŋu.