2 Samuel 17:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema wò kalẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã, nenye dzata ƒe dzie le dɔ me na wo gɔ̃ hã la, vɔvɔ̃ ana woatsi teƒe ɖeka elabena Israel blibo la nya be fofowò bi ɖe aʋawɔwɔ me eye eƒe asrafowo hã nye kalẽtɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye dzi aɖe le kalẽtɔ kekeake, amesi ƒe dzi le abe dzata ƒe dzi ene la, hã ƒo; elabena Israel blibo la nyae be, fofowò nye kalẽtɔ, eye amesiwo katã le eŋu, nye ŋutsuwɔlawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete dzi aɖe le kalẽtɔ ŋutɔŋutɔ si ƒe dzi le abe dzata tɔ ene la gɔ̃ hã ƒo, elabe ame sia ame le Israel-nyigba dzi nyae be tɔ́wò nye kalẽtɔ, eye ame siwo katã le eŋu la nye ŋutsuwɔlawo.