2 Samuel 17:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne David si yi du aɖe me la, Israel ƒe aʋakɔ blibo la anɔ wò kpɔkplɔ te, miatsi kawo ɖe dua ƒe gliwo ŋu eye miahe gliawo ayi aɖakɔ ɖe balime si te ɖe eŋu la me va se ɖe esime kpe aɖeke maganɔ kpe dzi o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne ede megbe yi dua ɖe me la, ekema Israel blibo la nado ka atsɔ du ma ɖe eme, eye míahee aɖakɔ ɖe, abu me, vaseɖe esime kpekula ɖeke matsi afima o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne egbugbɔ ɖe megbe yi du aɖe me la, míaƒe amewo katã atsɔ ka vɛ eye woahe dua aɖakɔ ɖe abu me le toa gɔme va se ɖe esime kpekui aɖeke maganɔ afi ma o.