2 Samuel 17:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be, “Husai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Ahitofel tɔ.” Esia va eme elabena Yehowa ɖo be, yeagblẽ Ahitofel ƒe aɖaŋu, si nye nyuitɔ boŋ hafi la me ale be yeahe dzɔgbevɔ̃e va Absalom dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Absalom kple Israelviwo katã gblɔ be: “Xusai ƒe aɖaŋua nyo wu Axitofel tɔ!” Aƒetɔ ɖoe be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me ne womagawɔ ɖe edzi o, ale be Absalom nage ɖe dzɔgbevɔ̃e me.