2 Samuel 17:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ na wo be, “Afɔ netsɔ! Midi David enumake eye miagblɔ nɛ be, meganɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe le zã sia me o ke boŋ ele be wòatso tɔsisi la enumake ayi gbedzi le tɔsisi la godo. Ne mewɔ alea o la, eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ la katã atsrɔ̃.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata nètsɔ, mido ame ɖo ɖa, ne woaɖagblɔ na Dawid bena: Megatsi tɔtsoƒe da le gbea dzi o, ke boŋ yi taa godo, ne womagatsrɔ̃ fia lã kple ameha, siwo katã le eŋu la o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xusai gblɔ yi edzi be: “Fifia, netsɔ! Midɔ ame ɖe David be woagblɔ nɛ be megatsi tɔtsoƒea dɔ le gbedadaƒoa o, ke boŋ netso Yordan enumake yi egodo ale be womagalé eya kple eƒe amewo katã awu o.”