2 Samuel 17:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsua srɔ̃ ɖo avɔ aɖe ɖe vudo la nu eye wosia bli ɖe avɔ la dzi ale be ame aɖeke mabu be woanɔ afi ma o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nyɔnua ɖe tsɔ avɔ keke ɖe vudo la nu, eye wòsia bli gbagbã ɖe edzi, be womagadze sii o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ŋutsua srɔ̃ tsɔ nu keke ɖe vudoa nu, eye wòsia bli ɖe edzi ale be ame aɖeke naganya o.