2 Samuel 17:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Absalom ƒe amewo va nyɔnu la gbɔ la, wobia be, “Afi ka Ahimaaz kple Yonatan wole?” Nyɔnu la gblɔ na wo be, “Wotso tɔʋu la xoxo.” Ameawo di wo gake womekpɔ wo o, ale wotrɔ yi Yerusalem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Absalom ƒe dɔlawo va nyɔnu la gbɔ le aƒea me hebia bena: Afika Aximaaz kple Yonatan wole? Nyɔnu la ɖo ŋu na wo bena: Woyi to la godo. Eye esi wodi wo, eye womekpɔ wo o la, wogbugbɔ va Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Absalom ƒe dɔlawo va aƒea me eye wobia nyɔnua be: “Afi ka Aximaaz kple Yonatan le?” Eɖo eŋu be: “Woyi tɔa godo.” Ŋutsuawo yi ɖadi wo, ke womekpɔ wo o ale wogbugbɔ yi Yerusalem.