2 Samuel 17:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame eveawo do le vudo la me eye woɖe abla yi Fia David gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Afɔ netsɔ! Tso Yɔdan tɔsisi la le zã sia me.” Wogblɔ ale si Ahitofel ɖo aɖaŋu na Absalom be wòalée, awui la hã nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wodzo la, wodo le vudoa me yi ɖagblɔe na fia Dawid. Eye wogblɔ na Dawid bena: Mitso, ne miatso toa kaba: elabena ale Axitofel de adaŋu ɖe nua ŋu enye si!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wodzo la, Aximaaz kple Yonatan do le vudoa me, eye woyi ɖagblɔ nya la na fia David. Wogblɔ nɛ be Axitofel ɖo nugbe ɖe eŋu eya ta yewonewɔ kaba atso tɔa adzo.