2 Samuel 17:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Axitofel kpɔ be womewɔ ɖe aɖaŋu si yeɖo na wo la dzi o la, ebla akpa na eƒe tedzi eye wòdze mɔ yi wo de. Le eƒe aƒemenyawo gbɔ kpɔkpɔ vɔ megbe la, ede ka ve ku. Woɖii ɖe woƒe ƒomea ƒe ameɖiƒe.