2 Samuel 17:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Absalom na Amasa zu aʋafia ɖe Yoab teƒe. Amasa fofoe nye Itra, Ismaeltɔ eye dadae nye Abigail, Nahas ƒe vinyɔnu, ame si nye Yoaz dada, Zeruya nɔvinyɔnu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Absalom tsɔ Amasa ɖo aʋakɔ la nu ɖe Yoab teƒe; Amasa enye Ismael-ŋutsu, si ŋkɔ nye Yitra, amesi ɖɔ Nahas vinyɔnu Abigal, si nye Yoab dada, Zeruya nɔvinyɔnu gbɔ la ƒe vi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Absalom da Amasa ɖe aʋakɔa nu ɖe Yoab teƒe. Amasa nye Yitra Ismael ŋutsu aɖe vi. Dadaa ŋkɔe nye Abigal, Nahas vinyɔnu ame si nye Yoab nɔ Zeruya nɔvinyɔnu.