2 Samuel 17:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Husai va ɖo la, Absalom gblɔ nya si Ahitofel gblɔ la nɛ eye wòbia Husai be, “Aleke nèbu tso ɖoɖo sia ŋu? Ɖe míazɔ ɖe Ahitofel ƒe aɖaŋu nua? Ne mèda asi ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si nèbu be míawɔ la na mí.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Xusai va Absalom gbɔ la, Absalom gblɔ nɛ bena: Ale Axitofel ƒo gbe lae enye si; ɖe míawɔ eƒe gbe dzi loo? Ne míawɔe o la, ekema ƒo nu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Xusai va la, Absalom gblɔ nɛ be: “Aɖaŋu si Axitofel ɖo na mí lae nye esi. Míwɔ ɖe edzia? Ne míawɔ ɖe edzi o la, ekema gblɔ nu si míawɔ la na mí.”