2 Samuel 18:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutsu la ɖo ŋu na Yoab bena: Ne woxlẽ klosalo akpe ɖeka ɖe asi me nam hã la, nyemaɖe asi fiavi la ŋu o; elabena fia la de se na mia kple Abisai kpakple Itai miese bena: Mikpɔ ɖekakpui Absalom la dzi nam nyuie!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be: “Ne woxlẽ klosaloga akpe ɖeka kɔ ɖe asiƒo me nam hã la, nyemaka asi fia vi la ŋu akpɔ o. Elabe fia de se na wò kple Abisai kpakple Itai míese be: ‘Mikpɔ nyuie be nu vevi aɖeke nagawɔ Absalom ɖekakpui la o.’