2 Samuel 18:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoab gblɔ bena: Nyematɔ ɖe gbɔwò didie o! Eye wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi ɖatɔ Absalom ƒe dzinu; ke esi wogale agbe le klẽtia ŋu ko la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoab gblɔ be: “Nyematɔ ɖe gbɔwò didie o.” Etsɔ akplɔ etɔ̃ ɖaƒo ɖe Absalom ƒe dzinu, esime wògale agbe le klẽtia ŋu ko, le nyenyem le ya me.