2 Samuel 19:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Absalom, amesi míesi ami na heɖo fiae ɖe mía nu la, tsi aʋa. Azɔ nukaŋuti miele hehem ɖe megbe le fia la kpɔkplɔ gbɔe me?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israelviwo ƒe nya la de fia la gbɔ le enɔƒe. Ale wòdɔ Zadok kple Abyatar siwo nye nunɔlawo la ɖa be woayi aɖabia Yuda-me tsitsiwo be: “Nu ka ta miedi be yewoanye ame mamlɛtɔ siwo wòava kplɔ yi eƒemee?