2 Samuel 19:35 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Barsilai ɖo ŋu na fia la bena: Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, ne mayi Yerusalem kple fia la?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mexɔ ƒe bla enyi xoxo eye naneke megadoa dzidzɔ nam o. Nuɖuɖu alo nunono aɖeke megavivina nam o. Nenema ke nyemegatea ŋu ɖoa to sea hadzilawo ƒe hadzidzi o. Fia Bubutɔ, agba ko manye na wò nàtsɔ.