2 Samuel 19:43 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.” Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yuda-ŋutsuwo katã ɖo ŋu na Israel-ŋutsuwo bena: Le esi fia la tsɔ mía gbɔ la tae! Nukaŋuti miele dɔmedzoe dom le nya sia ŋuti? Ɖe mieɖu fia la ƒe nanea? Alo ɖe míexɔ nunana le esia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel-ŋutsuwo ɖo eŋu be: “Gome ewo le mía si le fia la me eye míekpɔ gome le David me hã wu mi. Nu ka ta miedo vlo mí? Evɔ ɖe, ɖe menye míawoe gblɔ gbã be míele yiyi ge aɖakplɔ fia la agbɔe oa?” Ke Yuda-ŋutsuawo ƒe nu sẽ wu Israel-ŋutsuawo tɔ.