2 Samuel 19:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoab yi ɖe fia la gbɔ le xɔa me gblɔ bena: Ede ŋukpe mo na wò dɔlawo katã, amesiwo xɔ mia kple viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo ɖe agbe egbea:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Èlɔ̃ ame siwo lé fu wò eye nèlé fu ame siwo lɔ̃ wò. Elabe èna eme kɔ na mí ƒãa egbe, be amegã kple dɔla menye naneke le gbɔwò o. Mekpɔe dze sii kɔtɛe egbe be, ne ɖe Absalom tsi agbe eye mí katã míeku egbe la, ne edze ŋuwò.