2 Samuel 19:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elɔ̃ amesiwo lé fu wò, eye nele fu amesiwo lɔ wò; elabena eɖee fia egbea bena, amegã kple dɔlaa ɖeke mele asiwò o; elabena medze sii egbea bena, ɖe wònye Absalom ye tsi agbe, eye mi katã míeku la, ne enyo ŋuwò wu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta, azɔ la, tsi tsitre nàdo yi ɖafa dzi na wò dɔlaawo. Metà Aƒetɔ be, ne mèwɔ esia o la, wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã manɔ gbɔwò le zã sia me o. Esia avɔ̃ɖi na wò wu nuvɔ̃ɖi siwo katã dzɔ ɖe dziwò tso wò ɖekakpuime va se ɖe fifi.”