2 Samuel 19:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la tsi tre va bɔbɔ nɔ agbo nu. Eye wova gblɔe na aʋakɔ blibo la bena: Kpɔ ɖa, fia la bɔbɔna agbo nu! Eye aʋakɔ blibo la va fia la ŋku me; gake Israel dome amesiame si yi eƒe agbadɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dzre le Israel-toawo katã me, eye wole gbɔgblɔm le wo nɔewo dome be: “Fiae ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, eye wòxɔ mí tso Filistitɔwo si, gake azɔ la, esí le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi.