2 Samuel 2:29 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe fiẽ la, Abner kple eƒe amewo gbugbɔ to Araba. Woyi Yɔdan ƒe balime, tso tɔsisi la eye wozɔ mɔ le zã va se ɖe ŋufɔke ŋdi hafi woɖo Mahanaim.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Abner kple eƒe amewo to tagba le zã blibo la me hetso Yordan, eye woto ʋe blibo la me va Maxanayim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abner kple eƒe amewo zɔ to Yordan-bali la me zã blibo la. Wotso Yordan-tɔsisi la, eye woto ʋe la me va Maxanaim.