2 Samuel 20:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Amasa mekpɔ yi ɖaɖɛ si Yoab lé kple miasi la o. Ale Yoab nyrɔ yi la ɖe dɔme nɛ flo, eƒe dɔmenuwo kaka ɖe anyigba eye wòku ɖe afi ma enumake. Yoab kple nɔvia Abisai gblẽe ɖe afi ma eye woti Seba, Bikri vi la yome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Amasa melé ŋku ɖe yi, si le Yoab si la ŋu o; eye wòtsɔe ɖa nu dɔ me nɛ, eye eƒe, dɔmenuwo dudu ɖe anyigba, ke megadae zi evelia o. Esi Yoab kple nɔvia Abisai woti Seba, Bixri vi la yome la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Amasa menya be yi le Yoab ŋu o. Ale Yoab tu yia dɔme nɛ eye eƒe dɔmenuwo dudu ɖe anyigba. Eku enumake; mehiã be woatui zi evelia o. Esia megbe la, Yoab kple nɔvia Abisai ti Seba yome.