2 Samuel 20:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya tsa to Israel-toawo katã me vaseɖe Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu hedze eyome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Seba tso to Israel-toawo katã ƒe anyigba dzi, va se ɖe esime wòva ɖo Abel-Bet-Maaxa, eye Bixritɔwo katã hã ƒo ƒu le eyome ge ɖe dua me.