2 Samuel 20:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yoab ƒe aʋawɔlawo va ɖo la, woɖe to ɖe Seba le Abel Bet Maka, ƒu kpo ɖe dua ŋu tso anyigba yi gli la tame eye wode asi gli la gbagbã me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ wova ɖe to ɖe wo le Abel-Bet-Maaxa, eye woƒu kpo ɖe du la ŋu vaseɖe glia dzi. Eye aʋakɔ blibo, si le Yoab ŋu la, lu ɖe eme, be woamũ gli la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yoab ƒe amewo va ƒo xlã dua, eye woƒu kpo ɖe eŋu va se ɖe glia tame. Wode asi glia gbagbã me be yewoamui.