2 Samuel 21:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.” David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gibeontɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Klosalonya alo sikanyaa ɖeke mele mía kple Saul kple eƒe aƒe la dome o, eye miele amea ɖeke hã ɖim, be míawu le Israel o. Eye wògblɔ be: Nuka dim miele, be mawo na mi?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu be: “Nya si ɖo mía kple Saul kple eƒe ƒomea dome la, menye klosalo kple sika tsɔtsɔ fa dzi na ame ƒe nyae wònye o. Gawu hã, míele ame aɖeke hã dim be míawu le Israel o.” David ɖo eŋu be: “Ke nu ka miedi be mawɔ na mi?”