2 Samuel 22:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ke meyɔ Yehowa le nye xaxa me, medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meyɔ Yehowa le nye xaxa me eye meɖo ɣli na nye Mawu, ese nye gbe tso eƒe fiasã me, eye nye kokoƒoƒo de eƒe to me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nye xaxa me la, meyɔ Aƒetɔ. Medo ɣli yɔ nye Mawu be nexɔ nam! Ese nye gbe le eƒe fiasã me, eye wòse nu si ta medo ɣli yɔe.