2 Samuel 23:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eya tsi tre, eye wòdza amewo le Filistitɔwo dome, vaseɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu, eye yi la lé ɖe asi me nɛ. Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe gbemagbe, eye dukɔ blibo la gbugbɔ dze eyome, be woaɖaha nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enɔ te wɔ avu kple Filistitɔwo eye wowu wo ʋuu va se ɖe esime eƒe asi ku le yi la ŋu eye wòtsi asi me nɛ. Aƒetɔ na woɖu dzi gã ŋutɔ gbe ma gbe. Emegbe Israelviwo gbugbɔ yi Eleazar gbɔ be yewoaɖaha ame tsiaʋaawo ƒe nuwo le wo ŋu.