2 Samuel 23:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amegã blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ tso yi Dawid gbɔ le Adulam-do la me le nuŋeŋɔli. Esime Filistitɔwo ƒe adzohawo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nuŋeŋɔli ƒe gɔmedzeɣi lɔƒo la, ame etɔ̃ tso “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo” dome yi ɖe David gbɔ le Adulam Agado la me. Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo ƒe adzohawo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me.