2 Samuel 23:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete kalẽtɔ etɔ̃awo yi ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsi le vudo, si le agboa me le Betlexem la me hetsɔ ve na Dawid; ke egbe be, yemanoe o, eye wòtsɔe ƒo ɖe anyi na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete kalẽtɔ etɔ̃awo yi ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsia le vudoa me tsɔ vɛ na David. Ke egbe be yemanoe o, eye wòkɔe ɖe anyi na Aƒetɔ,