2 Samuel 23:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wowu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Benaya, Yehoyada vi tso Kabzeel nye asrafo kalẽtɔ bubu si wɔ kalẽnu geɖe. Ewu kalẽtɔ eve tso Moab. Eyi ɖawu dzata le do me le gbe si gbe tsikpe dza.