2 Samuel 23:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe nye aƒe mele alea le Mawu ŋku me oa? Elabena ebia nu mava kplim, si woɖo pɛpɛpɛ, eye wodzrae ɖo. Elabena ɖe mana nye xɔxɔwo katã kple nye nudidiwo katã natsi ɖe dzi oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alea Mawu ayra nye dzidzimeviwoe, elabe ebla nu mavɔ kplim. Enye ɖoɖo si wòwɔ ɖo kpe edzi, eye matrɔ o. Nu si ko dim mele lae nye maɖu dzi.