2 Samuel 23:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo: Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid ƒe kalẽtɔwo ŋkɔwo nye esi: Isbaal, Xaxmoni vi, amesi nye fia ŋu asrafowo ƒe amegã, eya da eƒe akplɔ zi ɖeka to ame tsiaʋa alafa enyi dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ƒe aʋawɔla vevitɔwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gbãtɔe nye Isbaal, Xaxmoni vi. Eya nye kalẽtɔ etɔ̃awo ƒe tatɔ. Etsɔ akplɔ wɔ aʋa kple ame alafa enyi eye wòwu wo katã le aʋawɔwɔ zi ɖeka me.