2 Samuel 23:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyometɔ nye Eleazar, Axoxi vi, Dodo ƒe vi, amesi le kalẽtɔ etɔ̃awo dome le Dawid gbɔ. Esi woɖu fewu le Filistitɔwo ŋu, eye woƒo ƒu ho aʋa va afima, eye Israel-ŋutsuwo ho yi la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eleazar, Dodo vi tso Axoxi ƒomea me nye ame evelia le kalẽtɔ etɔ̃awo dome. Gbe ɖeka la, Filistitɔwo ƒo ƒu, ho va aʋa wɔ ge kple Israelviwo. David kple Eleazar tso ɖe wo ŋu, ke Israelviwo sí le ameawo nu eye Eleazar ɖeka ko tsi David gbɔ.