2 Samuel 24:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Gad va Dawid gbɔ, eye wòto nya la nɛ gblɔ bena: Dɔwuame neva wò anyigba dzi ƒe adre loo, alo asi le wò futɔwo nu, eye woaɖe wò ɖe nu dzinu etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ neva wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a? Azɔ bu eŋu, ne nakpɔ nyaa ɖe maɖagblɔ na amesi dɔm ɖa!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gad yi egbɔ eye wògblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ hebiae be: “Ka nàtsɔ? Dɔwuame neva wò anyigba dzi ƒe etɔ̃ loo, alo ànɔ sísim le wò futɔwo nu, woaɖe wò ɖe nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔ vɔ̃ neva wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a? Azɔ bu eŋu ne nàgblɔ nya aɖe nam mayi ɖagblɔ na ame si dɔm ɖa!”