2 Samuel 24:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Dawid kpɔ mawudɔla, si la ame wum le dukɔa dome la, egblɔ na Yehowa bena: Kpɔ ɖa, nyee wɔ nuvɔ̃, eye meda vo; ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Wò asi neva mia kple fofonye ƒe aƒe dzi boŋ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi David kpɔ mawudɔla si le ame wum la, egblɔ na Aƒetɔ be: “Nyee wɔ nuvɔ̃. Nyee da vo. Nu ka ame gblɔe siawo, siwo le abe alẽ ene la wɔ? Meɖe kuku, he to na nye kple tɔ́nye ƒe aƒe ko.”