2 Samuel 24:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yoab ɖo ŋu na fia la bena: Ne Yehowa na dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wole, be nye aƒetɔ fia nakpɔe kple eƒe ŋkuwo hã la, nukaŋuti nye aƒetɔ fia le nusia tɔgbe dim ma?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be: “Fia Bubutɔ, Aƒetɔ, wò Mawu la nena dukɔa me tɔwo nadzi ɖe dzi zi alafa wu ale si wole fifia, eye nena nànɔ agbe akpɔe. Evɔ ɖe, nu ka ta Fia Bubutɔ di be yeawɔ nu sia tɔgbe?”