2 Samuel 3:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Abner nɔ dzodzom la, edo ŋugbe na David be, “Ne meɖo aƒe la, mayɔ Israelviwo katã aƒo ƒu na nye aƒetɔ fia la, eye mana woatia wò woƒe fiae abe ale si nèdi xoxoxo ene.” Ale David na Abner trɔ dzo dedie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Abner gblɔ na Dawid bena: Na matso ayi aɖaƒo Israel blibo la nu ƒu ɖe nye aƒetɔ fia ŋu, ne woabia nu kpli wò, eye, naɖu fia, alesi dze ŋuwò! Tete Dawid ɖo Abner ɖa wòyi le ŋutifafa me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abner gblɔ na David be: “Fifia la, mayi aɖaƒo Israel-dukɔ blibo la nu ƒu be woanɔ tewò, nye aƒetɔ fia. Woabla nu kpli wò, eye nàɖu wo dzi abe ale si nèdi ene.” Ale David na Abner dzo yi le ŋutifafa me.