2 Samuel 3:31 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be, “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa na Abner.” Fia David ŋutɔ dze amekukuɖaka la yome yi ameɖiƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be: “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa Abner le egbɔ.” Esi woyina eɖi ge la, fia David ŋutɔ dze amekukugba la yome.