2 Samuel 4:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale David ɖe gbe na eƒe ɖekakpuiwo eye wowu wo, wolã woƒe asiwo kple afɔwo eye wotsi woƒe kukuawo ɖe Hebron ta la to. Woɖi Is Boset ƒe ta ɖe Abner ƒe yɔdo me le Hebron.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid de se na ɖekakpuiawo, eye wowu wo helã woƒe asiwò kple afɔwo ɖaku ɖe ta to le Xebron; ke wotso Is-Boset ƒe ta ɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete David ɖe gbe na ɖekakpuiawo eye wowu wo. Wolã woƒe asi kple afɔ le wo ŋu ɖaku nu ɖe tá to le Xebron. Ke wotsɔ Isboset ƒe ta yi ɖaɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron.