2 Samuel 4:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ Is-Boset ƒe ta vɛ na Dawid le Xebron gblɔ na fia la bena: Kpɔ ɖa, wò futɔ Saul vi Is-Boset, amesi le wò ku dim la, ƒe ta enye si; ale Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na nye aƒetɔ fia egbe sia!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wova ɖo Xebron eye wotsɔ ta la vɛ na fia David gblɔ nɛ be: “Isboset, Saul vi, wò futɔ si le wò ku dim ƒe tae nye esi. Míaƒe fia bubutɔ, egbe la Aƒetɔ bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na wò.”