2 Samuel 5:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Dawid dze sii bena, Yehowae ɖo ye, ne yeaɖu fia ɖe Israel dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒe de dzi le eƒe dukɔ Israel ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David dze sii azɔ be Aƒetɔ ye ɖo ye, be yeaɖu Israel dzi eya tae wòna yeƒe fiaɖuɖu la le dzidzedze kpɔm, le eƒe dukɔ Israel ta.