2 Samuel 5:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale David yi ɖawɔ aʋa kpli wo le Baal Perazim eye wòɖu wo dzi. Egblɔ be, “Yehowae ɖu wo dzi; eƒu du to nye futɔwo dome abe ale si tɔsisi gba goe ene.” Ale wona ŋkɔ teƒe la be Baal Perazim si gɔmee nye “Aƒetɔ si gba go.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Dawid va Baal-Perazim, eye Dawid si wo le afima, eye wògblɔ bena: Yehowa dze nye futɔwo le ŋgɔnye, abe alesi tɔsisi ŋɔa go ene. Eyata wona ŋkɔ teƒe ma bena Baal-Perazim.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale David yi Baal Perazim eye wòɖu Filistitɔwo dzi le afi ma. Egblɔ be: “Aƒetɔ dze nye futɔwo le ŋgɔnye abe tsiɖɔɖɔe ŋɔ agbo ene.” Eya ta wona ŋkɔ teƒe ma be Baal Perazim.