2 Samuel 5:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la kple eƒe amewo ho yi Yerusalem ɖe Yebusitɔ, siwo nye anyigbadzitɔwo la ŋu; ke woawo gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ava afisia o, ŋkuagbãtɔwo kple xodrɔ̃wo koe anyẽ wò! Egɔme enye be, Dawid mate ŋu ava afisia o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia David kple eƒe amewo tso ɖe Yebusitɔwo ŋu, eye woho yi Yerusalem be yewoaɖaxɔ dua le Yebusitɔwo si. Yebusitɔwo bu be David mate ŋu axɔe o. Wogblɔ nɛ be: “Màte ŋu aɖo afɔ afi sia akpɔ o; ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo koe axe mɔ na wò.”