2 Samuel 6:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia David se be Aƒetɔ yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le aɖaka la ta, eya ta eyi ɖakɔ aɖaka la tso Obed-Edom ƒeme va Yerusalem kple aseyetsotso.