2 Samuel 6:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wotsɔ aɖaka la ge ɖe Yerusalem-dua me la, Mixal, Saul vinyɔnu nɔ fesre nu kpɔ David wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Aƒetɔ ŋkume, eye wòɖu fewu le eŋu le dzime.