2 Samuel 6:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Dawid ma abolo bɔbɔ, lãkɔ kple weintsetse ƒuƒu abolo ɖekaɖeka na dukɔ la katã, si nye Israel ƒe ameha blibo la dome amesiame, eye dukɔ blibo la dome amesiame yi eƒe xɔ nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòma nuɖuɖu na ame sia ame. Ŋutsu ɖe sia ɖe kple nyɔnu ɖe sia ɖe le Israel xɔ abolo ɖeka, lã memee kɔ ɖeka kple waintsetse ƒuƒu bolo ɖeka. Eyome ame sia ame yi eƒeme.